Matthew 7

Ʋɔnudɔdrɔ̃ ame bubuwo

(Luka 6:37-38, 41-42)

1“Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã. 2Elebena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe eye dzidzenu si ŋudɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋudɔe woawɔ atsɔ adzidze nui na wò hã.

3“Nu ka tae nèkpɔa ati fefe si ge ɖe nɔviwò ƒe ŋku dzi gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ya o? 4Ale ke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefe le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi? 5Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã ekema àkpɔ nu nyuie ale be nàte ŋu aɖe ati fefe si le nɔviwò ƒe ŋku dzi.

6“Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya aʋuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu eye woavuvu mi.”

Mibia, midi eye miaƒo ʋɔa

(Luka 11:9-13)

7Mibia nu eye woana mi; midi nu eye miakpɔe; miƒo ʋɔa eye woaʋui na mi. 8Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.

9“Mia dometɔ kae li nenye be viaŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe anɛ? 10Alo nenye be ebia tɔmelãe la wòatsɔ da anɛ? 11Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la, mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa? 12Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na ame bubuwo hã elabena esiae nye Se la kple nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya.

Agbo xaxɛ la

(Luka 13:24)

13“Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me. Elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadza esi kplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme. 14Ke agbo si le xaxɛ, mɔ la hã le bie la, kplɔa amewo yina ɖe agbe me eye ame ʋe aɖewo koe kpɔa mɔ sia.”

Sidzedze ati kple eƒe kutsetse

(Luka 6:43-44)

15“Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo. 16Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia? 17Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ. 18Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. 19Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me. 20Eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe.”

“Nye menya wo o”

(Luka 13:25-27)

21“Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ la ayi dziƒofiaɖuƒe la me o negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. 22Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ ʋɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’ 23Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnyue, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’

Gɔmeɖoɖo evewo

(Luka 6:47-49)

24“Ame siwo katã sea nye nyawo eye wowɔna ɖe wo dzi la le abe ame si nya nu, tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene. 25Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi.

26“Gake ame siwo sea nye nyawo ke wometsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me. 27Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo.”

28Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta, 29elabena efia nu wo abe ame si si tɔnyenye le ene ke menye abe woƒe sefialawo ene o.

Copyright information for EweBEE